Luke 5

Yesu tia eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

(Mateo 4:18-22; Marko 1:16-20)

1Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Genesaret ta to la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la. 2Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Ɖɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me. 3Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be woakui ayi tsia dzi vie bena yeanɔ eme afia nu ameha la tso afi ma.

4Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogoloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema mia ɖe lã fũ.”

5Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu gake míeɖe naneke o gake esi nègblɔe ko la, míagatee akpɔ.”

6Wogada ɖɔ la ake ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me! 7Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be wòava kpe ɖe yewo ŋu. Wo ɖe lã fũ wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ̃ gɔ̃ hã.

8Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ elabena nye nɔ vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.” 9Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo. 10Nenema nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ƒe luʋɔwo ɖelawo!”

11Esi wova ɖi go teti ko la, wogblẽ woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.

Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu

(Mateo 8:1-4; Marko 1:40-45)

12Gbe ɖeka la Yesu kpɔ kpotɔ aɖe le kɔ ƒe aɖe si me wòɖi tsa de la. Esi kpotɔ sia kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”

13Yesu tɔ asi ŋutsua hegblɔ be, “Ẽ, melɔ̃. Eya ta ŋuwò nekɔ fifi laa.” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake eye dɔ la vɔ le eŋu. 14Azɔ Yesu de se nɛ be megagblɔe na ame aɖeke o, ke boŋ neyi Yudatɔwo ƒe osɔfo gbɔ. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Yi nàna vɔsanu si ame siwo haya tso kpodɔléle me la nana le Mose ƒe sea nu. Esia afia ame sia ame be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.” 15Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya eye wòada gbe hã le yewo ŋu. 16Gake zi geɖe la edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.

Yesu da gbe le lametututɔ aɖe ŋu

(Mateo 9:1-8; Marko 2:1-12)

17Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.

18Kasia, ame aɖewoe nye si kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, 19gake womete ŋui o le ameha la ta. Le esia ta wolia xɔa eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔa ɖe Yesu kɔme tututu.

20Esi Yesu kpɔ wo ƒe xɔse la egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

21Faristɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”

22Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo be, “Nu kae nye busunya? Ɖe nu vɔ̃ tsɔtsɔke sẽ wu gbedada le ame ŋua? 23Nye si nye Mesia la ŋusẽ le asinye le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eya ta maɖe ŋusẽ sia 24afia mi kɔtɛe to gbedada le ŋutsu sia ŋu me.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒeme.”

25Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu kasia ŋutsua tsi tre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba eye wòɖo ta aƒeme henɔ Mawu kafum bobobo. 26Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”

Yesu yɔ Levi

(Mateo 9:9-13; Marko 2:13-17)

27Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ nudzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Nudzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe agbadɔ aɖe te nɔ nu dzɔm. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.” 28Ale Levi gblẽ nu sia nu ɖi eye wòtso enumake hedze eyome.

29Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu. 30Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsotso le Yesu ƒe nu wɔna sia ŋu eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖu nu kple nu vɔ̃ wɔlawo.

31Yesu ɖo eŋu na wo be, “Dɔnɔwoe hĩa na gbedada menye lamesesẽtɔwo o. 32Ɖe meva be maɖe nu vɔ̃ wɔlawo tso woƒe nu vɔ̃ wɔwɔwo me ke menye be magblẽ ɣeyiɣi ɖe ame siwo be yewonye ame dzɔdzɔewo la ŋu o.”

Wobia nya Yesu tso nutsitsi dɔ ŋu

(Mateo 9:14-17; Marko 2:18-22)

33Ameawo gayi edzi bia Yesu be, nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Faristɔwo wɔnɛ ene o ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã?

34Ke Yesu bia wo be, “Ne ame aɖe le dzidzɔ kpɔm ɖe agbe nuɖuɖua? Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ le nuɖukplɔ̃a ŋu kpli wo hã? 35Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ eye ne edzɔ alea la, nuɖuɖu magadzro wo o.”

36Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menyakpɔna o; gawu la enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã. 37Nenema ke, womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo eye aha la katã akɔ ɖe anyigba. 38Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo. 39Nenema kee, ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’”

Copyright information for EweBEE